Matthew 17:14-20

Gbedada le ŋutsuvi gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu

(Marko 9:14-29; Luka 9:37-43)

14Esi wova ɖo toa te la wokpɔ ameha gã aɖe wonɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu kɔme gblɔ bena,

15“Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia, ele kpeŋɔedɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe, ne kpeŋɔedɔa dze edzi ɣeaɖewoɣi la, enana be wodzea dzo alo tsi me. 16Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo gake womete ŋu da gbe le eŋu o.”

17Yesu ɖo eŋu gblɔ bena, “O! mi xɔse ʋee kple dzime sesẽ tɔwo. Ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam!” 18Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta eye wòdo go le ɖevia me ale be eƒe lãme se enumake.

19Le esia megbe la nusrɔ̃lawo va bia Yesu dzaa bena, “Nu ka tae míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe o?”

20Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Elabena xɔse ʋee aɖe koe le mia si. Ne miaƒe xɔse ɖe wòle abe bliku teti ene la anye ne miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho tso afi sia’ eye wòaho ayi teƒe bubu. Nanekewɔwɔ masesẽ na mi o.
Copyright information for EweBEE